K. Aƒetᴐ kpᴐ nublanui na mi
H. Aƒetᴐ kpᴐ nublanui na mi
K. Kristo kpᴐ nublanui na mi
H. Kristo kpᴐ nublanui na mi
K. Aƒetᴐ kpᴐ nublanui na mi
H. Aƒetᴐ kpᴐ nublanui na mi
K. Kristo ɖo to mi
H. Kristo amenuvela ɖo to mi
K. Mawu dziƒo Tᴐ
H. Kpᴐ nublanui na mi
K. Mawu Vi xexeme Xᴐla
H. Kpᴐ nublanui name
K. Mawu Gbᴐgbᴐ Kᴐkᴐe
H. Kpᴐ nublanui na mi
K. Trinita Kᴐkᴐe Mawu ɖeka
H. Kpᴐ nublanui na mi
K. Maria Kᴐkᴐe
H. Dogbeɖa ɖe mia ta
Maria, Mawu dzila kᴐkᴐe,
H. Dogbeɖa ɖe mia ta
1- Maria, wòe nye ɖetugbui si ƒo ɖetugbuiwo katã ta,
- Maria Kristo Nᴐ,
2- Maria, Ha la Nᴐ,
- Maria, mia nuvela Nᴐ,
3- Kristo Nᴐ, dzi ɖiɖitᴐ,
- Kristo Nᴐ, dzidzadzetᴐ,
4- Kristo Nᴐ, wòe megble kpᴐ o,
- Kristo Nᴐ, ŋuwòe nuvᴐ aɖeke mele o,
5- Kristo Nᴐ, wòe mialᴐ;
- Kristo Nᴐ, wòe wᴐ moya na mi,
6- Kristo Nᴐ, wòe ɖo aɖaŋu nyui na mi,
- Mia Wᴐla Nᴐ, Mia Xᴐla Nᴐ,
7- Maria, wòe nye ɖetugbui nya nu ŋutᴐ,
- Maria, ɖetugbui leaƒe, wòe mia bu,
8- Maria, ɖetugbui leaƒe, wòe mĩakafu,
- Maria, ɖetugbui leaƒe, ŋusẽtᴐ,
9- Maria, ɖetugbui leaƒe dᴐmenyotᴐ,
- Maria, ɖetugbui leaƒe anukwaɖetᴐ,
10-Maria, wòe nye amedzᴐdzᴐe nyenye ƒe kpᴐɖeŋu,
- Maria, wòe nye nyasã nᴐƒe,
11-Maria, wᴐe nana miekpᴐa dzidzᴐ,
- Maria, wòe nye amenuvenuwo nᴐƒe,
12-Maria, Kristo nᴐƒe si miabu,
- Maria, wòe tsᴐ ɖokuiwò keŋ ɖo Mawu ŋu,
13-Maria, wòe nye rosa nyui wu nugbᴐgblᴐ,
- Maria, wòe sẽ ŋu abe David ƒe mᴐ ene,
14-Maria, wòe nyo abe nyiɖumᴐ ene,
- Maria, wòe nye mawu nᴐƒe xᴐasi abe sika ene,
15-Maria, wòe nye Nubabla ƒe aɖaka,
- Maria, dziƒo ƒe agbo,
16-Maria, ŋkeɣletivi,
- Maria, wòe xᴐna na dᴐnᴐwo,
17-Maria, nuvᴐwᴐlawo sitsoƒe,
- Maria, konyifalawo akᴐfala,
18-Maria, Kristotᴐwo kpeɖeŋutᴐ,
- Maria, dziƒodᴐlawo nyᴐnufia,
19-Maria, patriarxawo nyᴐnufia,
- Maria, profetawo nyᴐnufia,
20-Maria, apostolowo nyᴐnufia,
- Maria, martirowo nyᴐnufia,
21-Maria,xᴐsemeυulawo nyᴐnufia,
- Maria, ɖetugbuiwo nyᴐnufia,
22-Maria, amekᴐkᴐewo kata nyᴐnufia,
- Maria, nyᴐnufia, fuwòe wofᴐ domenyinuvᴐ aɖeke mele eme o,
23-Maria, nyᴐnufia, wòe woxᴐ yi ɖe dziƒo,
- Maria, rozario kᴐkᴐe ƒe nyᴐnufia,
24-Maria, ƒomenyᴐnufia,
- Maria, ŋutifafa ƒe nyᴐnufia.
K. Mawu ƒe Alẽvi, wòe tsᴐ xexeme nuvᴐwo heyi,
H. Ðe mi ɖi, Aƒetᴐ!
K. Mawu ƒe Alẽvi, wòe tsᴐ xexeme nuvᴐwo heyi,
H. Ðo to mi, Aƒetᴐ, amenuvela!
K. Mawu ƒe Alẽvi, wòe tsᴐ xexeme nuvᴐwo heyi,
H. Kpᴐ nublanui na mi.
K. Do gbe ɖa ɖe mia ta, o mawudzila kᴐkᴐe,
H. Bena miaxᴐ nu si ŋugbe Kristo do na mi!
Mina miado gbe ɖa:
Mia Aƒetᴐ kple Mawu, mieɖe kuku na wò, nàna mi, wò subᴐlawo, miaƒe luυᴐ kple ŋutilã ŋuti nafa ɖayi; xa ɖe Maria ɖetugbui leaƒe yayratᴐ, Mawu Nᴐ ƒe kuku ɖeɖe ɖe mia ta eye nàna miagã tso agbe sia me ƒe fuwo me, ne mia kpᴐ agbe mavᴐ. To mia Aƒetᴐ Yesu Kristo me. Amen.
0
commentaire
Vous n'êtes pas connecté, choisissez l'une des 2 possibilités pour soumettre votre commentaire :